Nukae nye Corona? Eye nuka mateŋu awɔ le eŋu?

Corona nye dɔlekui makpɔkpleŋkui aɖe, si kakana eye wòde'a dɔ amewò ƒe lãme. 'Corona' dɔlélea he'a dzesiwo abe kpe ƒuƒui kpekpe, gbɔgbɔtsiameƒo, dzoxɔxɔ kple lãmevee ene la vɛ. Corona gblẽa nu geɖe tso miaƒe ŋɔtime ɖaseɖe dzitodzito me. Dɔlélea ƒe akpa gãtɔ mesẽ ŋu o, gake etea ŋu dea abi vɔ̃ɖi dzitodzitoa me si ateŋu awu ame gɔ̃hã.

Ame sia ame ate ŋu alé Corona dɔlélea. Ame tsitsiwo kple ame siwo ŋu dɔléle bubuwo le xoxo abe dzitodzitomedɔ, abi vɔ̃kple suklidɔ ene la axɔ Corona la kaba, eye enu hã asẽ wu ame bubuwo tɔ.

Ame si ŋu Corona dɔlélea le la ate ŋu amae na ame bubuwo to tsikui sue sue siwo dona to eƒe ya gbɔgbɔ, kpe kpekpe kple nyenye ɖe ameawo, nuwo kple nuɖuɖu dzi hã me. Etoa amewo ƒe nu me, ŋɔti me kple ŋkuwo dzi hegena ɖe ame ƒe lãme. Ne ege ɖe ame ƒe lãme ko la, edzea vi ƒoƒo alo dzidziɖedzi gɔme hekakana ɖe lãme ƒe akpa bubuwo katã. Corona ate ŋu anɔ ame ƒe lãme va se ɖe ŋkeke wuiene(14) hafi adze dzesiwo ɖeɖe ɖe go gɔme. Esiata, amewo ate ŋu axɔ dɔ sia gake womanya o, eye woaga mae kple ame bubuwo hã.

Eye Eʋetikɛ alo aƒemetɔ ɖaɖɛ aɖeke hã mate ŋu axe mɔ nɛ o. Mɔ si dzi ko miato axe mɔ nɛ lae nye asi kɔklɔ edzi edzi. Be naxe mɔ na dɔ sia la, klɔ asi kple adzalẽ kple tsi. Mehia be wò asi naƒo ɖi hafi naklɔe o. Klɔ asi nyuie le tsi sisi alo tsi tsatsa te le aɖabaƒoƒo blaeve (20) me, eye nadze agbagba be naɖe wò fewo me eye na klɔ wòasi va ɖo wò alɔ nu. Asi kɔklɔ wua dɔlékui siwo nɔa miaƒe asiwo ŋu. Klɔ asi ɣesiaɣi hafi naɖa nu, le nuɖaɖa ɣeyiɣiwo me, le nuɖaɖa vɔ megbe, le nugodo dede vɔ megbe, havi naɖu nu, le dɔnɔdzikpɔkpɔ ɣeyiɣiwo me, le lãwo gbɔ kpɔkpɔ vɔ megbe, le kpe koekpe, nyenye alo mitsi fifi vɔ megbe.

Ne meklɔ asi o la, mega ka asi wó ŋku, ŋɔti kple nu ŋu o. Mìekana asi nu vovovowo dzi eye miafe asiwo tsɔa dɔlékuiwo. Ne dɔlékuiawo lé ɖe asiawo ŋu ko la, ate ŋu ageɖe wó ŋkuwo, ŋɔti kple nu me. Tso afi ma ko la, dɔlékuia ate ŋu age ɖe wò lãme eye woana be nadze dɔ.

Ele vevie ŋutɔ be naɖe ɖokuiwó ɖe aga tso ame si le kpe kpem alo le dzitodzitomedɔ aɖe lém la gbɔ. Ne èbe yeakpe kpe alo anye la, wɔe ɖe wòabɔ dome alo natsɔ agbalẽ takuvi 'tissue paper' atsyɔ nu hafi. Le ezãza vɔ megbe la, tsɔe de gbelɔnu me enumake. Megatu ta le ame dome o.

Ɖe abɔ ɖeka ƒe mɔ ɖe wò kple ame si le kpe kpem alo le nyenyem la dome. Megate ɖe ame si xɔ dzo alo le kpe kpem la ŋu o. Ne ehia be nakpɔ ame si xɔ dzo, le kpe kpem alo meteŋu le gbɔgbɔm nyuie o la, ɖo ŋku edzi eye naɖɔ wò ŋɔti kple ŋkutsyɔnu eye nanɔ dzadzɛnyenye blibo me.

Be miaxe mɔ na Corona la, anyo be míagate ɖe míanoewo ŋu o. Corona kple dɔlele bubuawo teaŋu kakana toa ŋui kaka amenɔewo ŋu. Eyata, ehĩa be mìa dzudzo gbedoname to asi nana, akɔ kpakpla kple nu gbugbɔgbugbɔ me. Do gbe na ame to asi ʋuʋu me, eye ne enyae be Corona le wò nutome la, ke nɔ aƒeme eye na dzudzɔ hawo me nɔnɔ.

Nɔ aƒeme nenye be lãme gblẽ na wò kple taɖuame kple ŋɔtimetsyɔtsyɔ va se ɖe esime wòalãme sẽ. Ne enyenyem, le kpeƒuƒui kpem, mete ŋu le gbɔgbɔm nyuie o, kple dzoxɔxɔ la, ekem di dɔyɔƒe mɔ kaba, ɖewomahi, ate ŋu anye dzitodzitomedɔ alo dɔ vɔ̃bubu aɖe lém nèle.

Dzixɔsemadzemadzewo kple nazabubuawo ɖe Corona sia ŋu ate ŋu ahe ku vɛ. Le kpɔɖeŋu me, aɖivɔ̃kple ahasẽsẽwo nono agblẽ nu le ŋuwò wu be woaxe mɔ na Corona. Gbedeasi siwo míexɔna le ƒometɔwo kple xɔlɔwõwo gbɔ kura gɔ̃hã ate ŋu anye alakpa eye wòagblẽ nu geɖe le mía ŋu. Dze agbagba naxɔ aɖaŋuɖoɖo tso lãmesẽnyawo dzikpɔla siwo le wò nutome la gbɔ.

Ateŋu ana kpekpe ɖeŋu le avu wɔwɔ kple Corona to nyasia kakaka me. To ɖokui bɔbɔ me la, kaka nya sia kple wò xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo to gbedeasi nana me abe WhatsApp.